Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:15 - Agbenya La

15 gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:15
20 Referans Kwoze  

Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!”


Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!”


Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe be ne ame aɖe kpɔ Yesu la, nena nyanya yewo, ne yewoalée.


Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome me kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?”


Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũu, eye wòle mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes,


Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.


Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii.


Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti.


Azɔ la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Barabas ŋuti na yewo, eye woawu Yesu.


Esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubuwo kpe ta be yewoade ŋugble le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne woatso kufia na Yesu la ŋuti.


Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ,


Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me,


“Aleke miekpɔ tso Kristo la ŋutɔ ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David ƒe vie!”


Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”


Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.”


O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.


Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite