Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:7 - Agbenya La

7 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:7
16 Referans Kwoze  

Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la be gbeɖe o.


nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo.


elabena mienya be Aƒetɔ la ana fetu ame sia ame ɖe eƒe dɔ nyui wɔwɔ ta, eɖanye kluvi alo ablɔɖevi o.


Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.


Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le tekunɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du blibo la me eye míate ŋu asẽ nu o.


Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me.


“Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’


“Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite