Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:6 - Agbenya La

6 “Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke esi wòdo go le gaƒoƒo wuiɖekelia me la, ekpɔ ame bubuwo le tsitre, eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti míetsi tre le kuvia me ɖe afisia ŋkeke blibo la katã mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:6
10 Referans Kwoze  

Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o, ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.


Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


(Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.)


Kuvia nana ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi eye dɔ wua ƒomewɔla.


“Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke.


“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’


Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agble la me le ga atɔ̃ me la vɛ, eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite