Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:30 - Agbenya La

30 Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eve kpo ɖa, ŋkuagbãtɔ eve bɔbɔ nɔ mɔ to; esi wose bena, Yesu le wo ŋuti tom yina la, wodo ɣli gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mia nublanui!

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:30
21 Referans Kwoze  

Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto.


“Aleke miekpɔ tso Kristo la ŋutɔ ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David ƒe vie!”


Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me,


Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!”


Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia.


Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, Yesu da gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo.


“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me,


Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.”


Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene, eye miele mɔ dim kple asi abe ame siwo mele nu kpɔm o la ene. Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene, eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene.


“Mi tokunɔwo, mise nu, mi ŋkugbagbãtɔwo, mifɔ mo dzi, miakpɔ nu!


Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi, eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo. Esiawoe nye nu siwo mawɔ, nyemagble wo ɖi o.


Gbe ma gbe la, tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene, eye tso blukɔ kple viviti me, ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu.


Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.


Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite