Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:25 - Agbenya La

25 Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒu ɖe eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke Yesu ya wo va egbɔ gblɔ bena: Mienya bena, dukɔwo ƒe dziɖulawo nye aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amegãwo kpo ŋusẽ ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:25
14 Referans Kwoze  

Le esia ta Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔe hegblɔ na wo be, “Abe ale si mienya ene la, dukɔwo ƒe kplɔlawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi,


Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme,


Le teƒe kɔkɔ si Mawu nae ta la, amewo katã kple dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gblɔlawo vɔ̃nɛ eye wobunɛ. Ame siwo fia la di be yeawu la, ewua wo. Ame siwo wòdi be yeana woatsi agbe la, enana wotsia agbe. Ame siwo wòdi be yeado ɖe ŋgɔ la, edoa wo ɖe ŋgɔ. Ame siwo wodi be yeabɔbɔ ɖe anyi la, ebɔbɔa wo ɖe anyi.


Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”


Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la.


be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite