Mateo 20:24 - Agbenya La24 Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la. Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191324 Ke esi ame ewo la see la, eve dɔme na wo ɖe nɔvi eveawo ŋuti. Gade chapit la |
Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!”