Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:22 - Agbenya La

22 Yesu gblɔ nɛ be, “Mènya nu si biam nèle la o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, “Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míate ŋui.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge malaa? Eye mawutsi, si woade ta nam la, wòadee ta na miawo hã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui.

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:22
17 Referans Kwoze  

“Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la, na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.”


Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be matsɔ agba sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃nu.”


Yesu gblɔ na Petro be, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”


Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”


Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”


Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me.


Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be, “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò. Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la le kplu sia me azɔ gbeɖe o.


Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.


Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye va se ɖe esime enu nava yi.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.”


Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.


Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela


Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò.” Azɔ nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema.


Nyɔ, nyɔ! O! Yerusalem, fɔ, wò ame si ƒe dɔmedzoekplu le Yehowa ƒe asi me. Wò ame si no nu muame la wòvɔ ƒioƒioƒio, kplu si nana amewo zɔna sɔgɔsɔgɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite