Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 2:7 - Agbenya La

7 Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete la Herodes yɔ nunyalawo yi ɖe adzame, eye wòbia ɣeyiɣi, si dzi ɣletivi la do la wo tsitotsito.

Gade chapit la Kopi




Mateo 2:7
16 Referans Kwoze  

Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.


Saul gagblɔ le eɖokui me be, “Esia nye mɔnukpɔkpɔ bubu nam be mana Filistitɔwo nawui.” Ke egblɔ na David be, “Àte ŋu anye nye toyɔvi faa elabena matsɔ vinyenyɔnu suetɔ na wò.”


Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.”


Tete ʋɔ driba la tu tsi to eƒe nu me, esi ɖuɖu abe tɔsisi ene, ne wòaɖɔ alé nyɔnu la, eye tɔsisi la nakplɔe adzoe.


“Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo.


Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herod ŋɔli la, ɣletivimenunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam be,


“Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe!”


Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu.


Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite