Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:8 - Agbenya La

8 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo, elabena miaƒe dzi me sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:8
14 Referans Kwoze  

Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.


Yesu ɖo eŋu be, “Miaƒe dzimesesẽ tae Mose de se sia na mi ɖo.


Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.


Mele esia gblɔm abe mɔnana ene, ke menye abe sedede ene o.


Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu. Mibia blemamɔwo ta se, mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi, eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme. Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’


migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o.


Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.


Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?”


eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi.”


Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o.


David ɖe srɔ̃ bubu, Ahinoam, tso Yezreel hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite