Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:6 - Agbenya La

6 Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:6
10 Referans Kwoze  

Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o.”


Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.


Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o.


Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui.


Miefa avi bia Yehowa be: “Mawu, nu ka tae nègblẽ mí ɖi?” Magblɔ nu si ta wògble mi ɖi la na mi; Yehowa kpɔ ale si miewɔ tamesesẽ hegbe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo nɔ anyi kpli mi le nyateƒetoto me ƒe geɖe lae. Evɔ mieɖe adzɔgbe be miakpɔ wo dzi, eye miagblẽ wo ɖi ɣe aɖeke ɣi akpɔ o.


ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii le Mawu ŋkume la dzi o


“Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be yetsri srɔ̃gbegbe kple ŋutsu ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.” Eya ta miɖu mia ɖokuiwo dzi ne miadzudzɔ srɔ̃gbegbe.


Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.


Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite