Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:4 - Agbenya La

4 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:4
15 Referans Kwoze  

Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”


Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.


Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.”


Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?”


Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”


Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae be miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be,


Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa?


Ne mieƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, miɖo ŋku nu si miexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ me tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’


Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe oa?


Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa?


Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Alo miexlẽ nu tso nu si David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo ŋu oa?


Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi,


Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite