Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:23 - Agbenya La

23 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:23
25 Referans Kwoze  

Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la, gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o.


Esi wòdzo yina la, Yesu kpɔ eyome dũu eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”


Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me!


Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.”


Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene.


Ke miawo la, miedoa vlo ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le mia bam oa? Alo menye woawo kee hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.


Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o,


Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”


“Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?” Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.” Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi,


Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite