Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:20 - Agbenya La

20 Ɖekakpui la gblɔ nɛ be, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ɖekakpui la gblɔ nɛ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama?

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:20
12 Referans Kwoze  

Ale se la zu míaƒe mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be woatso afia na mí to xɔse me.


Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye.


Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku.


Esi woganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be “Mia dometɔ si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!”


Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o.


“Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.


bu fofowò kple dawò; lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!”


Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite