Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:15 - Agbenya La

15 Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi, eye wòyra wo hafi dzo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wòda asi ɖe wo dzi, eye wòdzo le afima.

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:15
6 Referans Kwoze  

Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me.


Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ.


Azɔ exɔ ɖeviawo ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòda asi ɖe wo dzi heyra wo.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene; alé alẽviawo ɖe abɔdome, alé wo ɖe eƒe akɔnu, eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.


Gake Yesu gblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”


Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia be, “Nufiala, nu nyui ka mawɔ be manyi agbe mavɔ ƒe dome mahã?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite