Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:25 - Agbenya La

25 Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye esi naneke mele esi wòatsɔ axee o la, eƒe aƒetɔ la de se bena, woatsɔ eya kple srɔ̃a kple viawo kple nusiwo katã le esi la aƒle, ne woatsɔ aɖo eteƒe.

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:25
9 Referans Kwoze  

Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!”


Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.”


Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?”


“ ‘Ne nɔviwò Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na wò la, mele be nàwɔ eŋu dɔ abe kluvi bubuawo ene o,


Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.


“Ne Hebri ŋutsu aɖe nyi fe le asiwò, mete ŋu xee o, eye wòto esia me zu wò kluvi la, ekema ele be wòasubɔ wò ƒe ade ko. Magaxe fe aɖeke o, ke boŋ azu ablɔɖeme le ƒe adrelia me.


Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu.


Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ; ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite