Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:22 - Agbenya La

22 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadre teƒe adre.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Yesu gblɔ nɛ bena: Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi adre teƒe blaadre.

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:22
13 Referans Kwoze  

Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.


Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [


Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.


Ne woahe to na ame si awu Kain zi adre la, ekema ele be woahe to na Lamek zi blaadre-vɔ-adre!”


Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.


Àgakpɔ nublanui na mí, atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!


Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu, eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu vɔ̃wo ŋu, netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui nɛ kple miaƒe Mawu la ŋu, elabena atsɔ wo akee faa.


Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me.


Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite