Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:1 - Agbenya La

1 Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le gaƒoƒo ma dzi la nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ gblɔ bena: Azɔ ameka ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:1
13 Referans Kwoze  

Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi.


Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ.


Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo.


“Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.


“Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo.”


Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite