Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 17:4 - Agbenya La

4 Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Petro ɖo eŋu gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, enyo na mí bena, miano afisia. Ne èlɔ̃ la, mawɔ agbadɔ etɔ̃ ɖe afisia; tɔwò ɖeka, Mose ta ɖeka, eye Eliya to ɖeka.

Gade chapit la Kopi




Mateo 17:4
16 Referans Kwoze  

Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)


“Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.


Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me, eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge.


Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.


Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa.


Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.


Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.


Ewɔna nam ɣe aɖewo ɣi be manɔ agbe, gake le ɣe bubu ɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi nam sãa wu be manɔ kodzogbe afi sia!


Aleke woahanyo eye woahadze anii! Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie, eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie.


Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii.


Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite