Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 17:23 - Agbenya La

23 woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la wòafɔ. Eye woxa nu ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 17:23
18 Referans Kwoze  

Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.


Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.


“O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu, ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Xlã nu ɖe alẽkplɔla la, alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu


Esi megblɔ nya siawo la, miaƒe dziwo yɔ fũu kple nuxaxa.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migbã gbedoxɔ sia, eye magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ megbe.”


Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti.


Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o. Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge. Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o.


Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene, eye nye aɖe lé ɖe nye nu me, elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.


elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.


Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.


Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.”


eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma, eye woɖo ta Galilea nuto me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite