Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 17:1 - Agbenya La

1 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le ŋkeke ade megbe la Yesu tsa Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔe ɖe dzi, woawo ɖeɖe.

Gade chapit la Kopi




Mateo 17:1
10 Referans Kwoze  

Ekplɔ Petro kple Zebedeo ƒe vi eveawo siwo nye Yohanes kple Yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme.


Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me.


Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.


Esia anye zi etɔ̃lia mava mia gbɔ. Azɔ abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me ene la, “Woaxɔ nya si ame aɖe tsɔ ɖe nɔvia ŋu la to ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe kpeɖodzi me.”


Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko.


Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene.


Azɔ eɖanɔ anyi ɖe Amito la dzi afi si dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Wobiae be,


Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite