Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:24 - Agbenya La

24 Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:24
18 Referans Kwoze  

Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la, eya hã medze anye tɔnye o.


Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Yesu kpɔe dũ eye wòlɔ̃e, gblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàdzra wò nuwo katã, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwò le dziƒo. Le esia megbe la, va, nàdze yonyeme.”


Ɛ̃, ame siwo ɖo be yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me me la akpe fu le ame siwo lé fui la ƒe asi me.


Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo.


eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”


Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu.


Wotsɔ eƒe atitsoga la da ɖe abɔta nɛ be wòakɔ, eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe” (si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me).


ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo.


Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene le Afrika. Eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu.


Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu, akɔ eƒe atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufus fofo.


Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii.


Yesu gblɔ nya sia nɛ be wòatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge wòala atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Emegbe la, Yesu gblɔ nɛ be, “Dze yonyeme.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea? Wò la dze yonyeme.”


Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite