Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:9 - Agbenya La

9 Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la, eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.“

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:9
24 Referans Kwoze  

Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi, “Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye, ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,


Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro, elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’


tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o, elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe.


eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o.


Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.


Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua?


Fifi laa ko David gblɔ be, “Nye ame sia ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ nɛ le gbea dzi be womefi eƒe naneke o nye dzodzro. Etsɔ vɔ̃ ɖo nyui si mewɔ nɛ la teƒe nam.


“Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”


Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.


Nyateƒee, dzodzro ko wònye be mewɔ nye dzi dzadzɛ, eye dzodzroe meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.


“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.


Miadagba dzodzro, elabena miaƒe anyigba mana miaƒe nukuwo naʋã o, eye miaƒe kutsetsetiwo matse ku o.


ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo.


Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽ la me la nava edzi,


“Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’


Nyanyui sia ke dzie mieto kpɔ ɖeɖe, ne mielé nya si megblɔ na mi la me ɖe asi sesĩe ko. Ne menye nenema o la, ekema miaƒe xɔse la nye dzodzro.


Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite