Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:29 - Agbenya La

29 Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ, eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye Yesu dzo le afima te yi ŋgɔ va Galilea-ƒua nu, eye wolia to la hebɔbɔ no anyi ɖe afima.

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:29
12 Referans Kwoze  

Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.


Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu (si woyɔna hã be Tiberias Ƒu la) yi egodo.


Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ.


Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias Ƒu la to.


Tete ʋu bubu aɖewo tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le.


Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nɔ nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la.


Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.


Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me, eye wòyi ɖe ƒua dzi vie nɔ anyi, ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta.


Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.


Anyigba si tso Araba yi Galilea ƒu la ƒe ɣetoɖoƒeliƒo dzi heyi anyigbeme ɖatɔ Araba ƒu si nye (Dzeƒu la) heɖo ta Bet Yesimot, va se ɖe Pisga towo ƒe dziehe ŋu la hã nɔ Fia Sixɔn te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite