Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:27 - Agbenya La

27 Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke eya gblɔ bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ dzi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:27
24 Referans Kwoze  

Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o,


Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu.


Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa,


Ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawua? Ɖe Mawu menye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu oa? Ɛ̃, enye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu.


“Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’


Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ.


be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi.


Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”


Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.


Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.


Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.


nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve!


Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.


Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite