25 Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!”
25 Ke nyɔnua va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, xɔ nam!
Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”
Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.”
Nusrɔ̃la mamlɛa siwo le tɔdziʋua me la dze klo nɛ hegblɔ nɛ be, “Mawu ƒe Vie nènye vavã!”
Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla, eye wòɖu edzi gɔ̃ hã. Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye. Edo go Mawu le Betel, ƒo nu kplii le afi ma.
Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.”
Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!”
Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”