Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:14 - Agbenya La

14 Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:14
19 Referans Kwoze  

Yesu yi edzi do lo sia na wo be, “Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa?


Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo. Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o. Avu si ƒe aɖe tu lae wonye. Womate ŋu awo o. Womlɔa anyi hekua drɔ̃e, eye alɔ̃ vivia wo nu.


Ke esia mele mia gbɔ o elabena miawo mietra tso Yehowa ƒe mɔ dzi. Miekplɔ amewo to mɔtatra dzi, to miaƒe nufiafia me eye wodze nu vɔ̃ me. Mietɔtɔ Levi ƒe nubabla la, hewɔe wòzu nu tsɛ aɖe ko.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo, eye ame siwo blem wole la bu.


Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba.


Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”


Ame kae tsi ŋku, eye wòku to abe nye dɔla si medɔ la ene, ɖe menye nye dɔlae oa? Ame kae nye ŋkunɔ abe xɔ̃nye ene, eye wòtsi ŋku abe Yehowa ƒe dɔla ene?


Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.


Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee.


Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖitsiɖi ɖo ɖi na wo.


Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.


Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo.


Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.


Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la, le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o, eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.


Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo ko wonye, menye Mawu wonye o. Woƒe sɔwo nye ŋutilã, ke menye gbɔgbɔ o. Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le ame si na kpekpeɖeŋu la te; ame si ŋu wòkpe ɖo la hã amu adze anyi, eye wo kple eve la katã atsrɔ̃.


Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite