Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:7 - Agbenya La

7 eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata wòka atam do ŋugbe nɛ be, nusianu, si ke wòabia la, yeanae.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:7
6 Referans Kwoze  

Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”


Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”


Fia la gabia Ester esi wonɔ wain nom la be, “Nu kae nèdi be yeabia, Fianyɔnu Ester? Nu ka nèdi? Nu sia nu si wòanye la, matsɔe na wò, ne anye nye fiaɖuƒe la ƒe afãe gɔ̃ hã la, mana wò!”


Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ,


Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”


Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom, eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite