Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:4 - Agbenya La

4 elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena Yohanes gblɔ nɛ bena: Womeɖe mɔ na wò be, naɖee o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:4
12 Referans Kwoze  

“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe.


“ ‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae.


elabena Yohanes gblɔ na Herod be, “Se meɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.”


Ame vɔ̃ɖi la léa du tsɔna, evɔ ame aɖeke menyae ɖe du nu o, ke dzi le ame dzɔdzɔe ƒo abe dzata ene.


Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o.


Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ”


Tete Natan gblɔ na David be, “Wò tututue nye kesinɔtɔ ma! Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi eye meɖe wò tso Saul ƒe asi me;


Ame siwo gbe nu le sea gbɔ la kafua ame vɔ̃ɖiwo ke sedziwɔlawo tsia tsitre ɖe wo ŋu.


Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite