Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:26 - Agbenya La

26 Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, “Ŋɔlie.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe wòle ƒu dzi zɔm gbɔna la, dzika tso wo ƒo, eye wogblɔ bena: Ŋɔlie! Eye wodo vɔvɔ̃ɣli.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:26
11 Referans Kwoze  

Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole.


Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome?


Ameawo mexɔ nyɔnuvi la ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ hã be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe mawudɔlae.”


Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme.


gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite