Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:25 - Agbenya La

25 Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la Yesu le ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:25
11 Referans Kwoze  

Eya ɖekae keke dziƒowo me eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi.


Esi woku ʋu la abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene ko ene la, wokpɔ Yesu wònɔ tetem ɖe ʋu la ŋuti, enɔ ƒu la dzi zɔm, eye vɔvɔ̃ ɖo wo,


Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene,


“Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava.


Mienya ɣe ka ɣie wòava o, ate ŋu ava le zã ga asiekɛ me loo alo zãtitina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la.


eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.


Ke mawudɔla si mekpɔ wònɔ tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la do eƒe ɖusibɔ ɖe dziƒo,


Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe atsiaƒu me, tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi,


Esi gbe si mese tso dziƒo gaƒo nu nam la, egblɔ nam be, “Heyi nàxɔ agbalẽ si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la ƒe asi me.”


Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite