Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:15 - Agbenya La

15 Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Afisia gbedzìe, eye ɣeyiɣi la va yi xoxo; ɖe asi le amehawo ŋu azɔ, ne woayi ɖe kɔƒeawo me aɖaƒle nuɖuɖu na wo ɖokui.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:15
7 Referans Kwoze  

Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.”


Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”


Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.”


Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome.


Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite