Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:14 - Agbenya La

14 Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye esi Yesu do go, eye wòkpɔ ame geɖe la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòda gbe le woƒe dɔlélawo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:14
13 Referans Kwoze  

Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.


Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.


Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.


Nunɔlagã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu.


Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu,


Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!”


Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”


Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo.


Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me.


Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite