Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:55 - Agbenya La

55 Ɖe menye eyae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria, eye nɔvia ŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

55 Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa?

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:55
23 Referans Kwoze  

Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’ ”


Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ.


Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya Yesu abe Yosef ƒe vi ene. Yosef fofoe nye Heli,


Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?”


Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la.


Maria Magdalatɔ kple Maria Yose dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wòɖi Yesu ɖo.


Nyemekpɔ apostoloawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi ko.


Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo.


Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”


Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe.


Nyɔnu aɖewo hã nɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kple Salome.


Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo kple Yosef dada kpakple Yohanes kple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada.


Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o, elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom.


Míenya be Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, míenya afi si wòtso hã o.”


Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me:


Ame aɖe va gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite