Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:54 - Agbenya La

54 Etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle la tsoe mahã?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 Eye esi wòva fofoawo ɖe la, efiã nu wo le woƒe ƒuƒoƒe, ale bena kuvia ɖo wo wogblɔ bena: Afika amesia kpo nenem nunya kple ŋusẽawo tsoe mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:54
14 Referans Kwoze  

Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,


Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me.


eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”


Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, eye le amehawo dome, makafu wò.


Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ.


Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi.


Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.


Esi ame siwo nya Saul tsã kpɔe wònɔ nya gblɔm ɖi kple nyagblɔɖilawo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kae nye esi dzɔ ɖe Kis ƒe vi la dzĩ? Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”


Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite