Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:37 - Agbenya La

37 Egblɔ na wo be, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye wòɖo eŋu na wo bena: Amesi le nuku nyuia wum la, eya nye amegbetɔvi la;

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:37
16 Referans Kwoze  

Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.”


Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo ɖo to mi la, nyee woɖo toe, eye ame siwo gbe mi la, nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.”


Madɔ nye dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me;


Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe.


Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.”


Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm.”


“Agbleatɔ ƒe dɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’


Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene,


“Ne ame aɖe xɔ mi nyuie la, nyee wòxɔ, eye ne ame aɖe xɔm la, exɔ Mawu si dɔm ɖa la.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”


aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi.


Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.


Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.


Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe, eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o. Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la, menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite