Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:33 - Agbenya La

33 Yesu yi edzi kple lododo bubu be, “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:33
19 Referans Kwoze  

“Amɔ ʋaʋã sue aɖe nana amɔ blibo la ʋãna.”


Eɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”


Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie.


Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míadze agbagba be míanyae, eye abe ale si ɣedzedze kple kelemetsi medana le edzi o ene la, nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.”


Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.


Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”


Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me. Eya ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.


Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi.


Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.


Nenye Mawu ɖe meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, anye ne ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, eto ŋkekeawo ɖe eme.


Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene,


Gideon ɖe abla yi aƒe me, wu gbɔ̃vi aɖe, mee eye wòtsɔ wɔ lita blaeve-vɔ-eve ƒo abolo maʋamaʋãe; etsɔ lã la ɖe kusi me eye wòtsɔ detsia ɖe ze me heyi na Mawudɔla la le oɖumti la te.


Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o hã la, etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃, wɔ lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo.


Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite