Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:32 - Agbenya La

32 Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, ezua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe alɔawo me hekpɔa gbɔdzɔe.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 evɔ wònye eyae nye suetɔ le atikuwo katã dome hafi; gake ne etsi ko la, ezua ati, eye wòƒoa abɔmetiwo katã ta; ale bena dziƒoxeviwo va wɔa atɔ ɖe eme.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:32
20 Referans Kwoze  

Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te.


Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ.


Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ.


“Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”


Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to, eye wodzia ha le atilɔwo dzi.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be,


Yesu yi edzi bia wo be, “Aleke gɔ̃ maɖe ale si mawufiaɖuƒe la le la afia mie. Lododo ka tututu matsɔ asɔ kplii?


Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la, etsina zua ati dzɔatsu le abɔmetiwo katã dome, eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.”


Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, “Aleke mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsɔe asɔ ɖo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite