Mateo 13:30 - Agbenya La30 eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo, atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’ ” Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191330 Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me. Gade chapit la |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.