Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:3 - Agbenya La

3 Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wògblɔ nya geɖewo na wo le lododowo me bena: Kpɔ ɖa, nukuwula do go yi nuku wu ge;

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:3
27 Referans Kwoze  

Ale Yesu gblɔ na wo bena, “Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo sia gɔme o ɖe, aleke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme?


Yesu wɔ lododo vovovowo ŋu dɔ tsɔ fia nu amewo. Ewɔ esiwo gɔme amewo ate ŋu ase la ŋu dɔ.


Esi Yesu wu lododo siawo nu la, edzo le afi ma.


Make nye nu, aƒo nu le lododowo me. Magblɔ nu siwo le ɣaɣla, nu siwo li tso blema ke.


Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko, elabena wonya be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wodzo le egbɔ.


Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu, eye mato adzo kple nye kasaŋku.


“Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu.


Petro biae be, “Aƒetɔ, míawo ko nèle lo siawo dom na loo alo ame sia ame?”


Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, “ ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’ ”


Yesu ƒo nu na wo le lododowo me be, “Ame aɖe de waingble gã aɖe, eye wòɖo gli ƒo xlãe. Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe, afi si ame anɔ, adzɔ agble la ŋu ɣe sia ɣi. Azɔ etsɔ agble la de agbledzinɔla aɖewo ƒe asi me be woakpɔ edzi, ale wòdzo yi du didi aɖe me.


Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, “Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti?


“Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti la ŋuti. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ.


“Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: “ ‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’


Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu, eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be: ‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo. Yehowa xɔe le asinye. Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’ ”


Eye megblɔ be, “Aa, Aƒetɔ Yehowa! Wole gbɔgblɔm tso ŋunye be, ‘Menye lo ko dom wòle oa?’ ”


“Ame vi, to adzo, eye nàgblɔ lododo aɖe na Israel ƒe aƒe la.


Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be,


Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite