Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:27 - Agbenya La

27 “Agbleatɔ ƒe dɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔna bena: Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyui nèwu ɖe wò abɔ me oa? Afika gbe wuwlui la tso?

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:27
17 Referans Kwoze  

Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o.


Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.


Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene.


Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ.


ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome.


Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo.


“Agbletɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’ “Dɔlawo biae be, ‘Ekema mího gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’


Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite