Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:15 - Agbenya La

15 Elabena ame siawo ƒe dziwo ku atri; woƒe towo hã mesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, woatrɔ ɖe ŋunye eye mayɔ dɔ wo.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:15
25 Referans Kwoze  

Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”


Miɖo ŋku edzi be, “Togbɔ be wokpɔa nu, eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ; be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.”


“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.


Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.


Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ. Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.


Nya geɖewo li si wòle be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme kabakaba o ta la, esesẽna be míaɖe nya siawo me na mi.


Womaɖo to nu si nyateƒe la le fiafiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe.


Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ, ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe to me be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o.


Woƒe dzi ku atri, eye megasea naneke o, ke nye la, mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu.


heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.


Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ,


“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.


“ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu.


Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu. Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ.


Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”


“Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo, mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me.” “Ɛ̃, míava gbɔwò, elabena wòe nye Yehowa, míaƒe Mawu.


Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?


eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.


Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o, eye miemiã miaƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo, ase nu kple miaƒe towo, ase nu gɔme kple miaƒe dziwo, eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’


Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom, eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite