Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:7 - Agbenya La

7 Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ, ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la, anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke ɖe mienya nusia bena: „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, eye menye numeme o“ gɔme la, anye ne miedo ɖe amesiwo ŋu nuvɔ̃ mele o la, ta o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:7
14 Referans Kwoze  

elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,


Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.”


Afiatsotso na agɔdzela, kple fɔbubu agɔmadzela siaa nye nu si Yehowa tsri.


Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o.


Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ.


Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.


elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me.


Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe.


Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.


eye ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ̃ amehavi wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.”


Wotso aʋa na ame siwo katã do go tso Egipte, ke wometsoe na ame siwo katã wodzi le gbea dzi esi wodo go tso Egipte la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite