Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:48 - Agbenya La

48 Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Ke eɖo ŋu gblɔ na amesi gblɔe nɛ la, bena: Amekae nye danye, eye amekawo nye nɔvinyewo mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:48
9 Referans Kwoze  

“Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la, ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o.


Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me.


Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.


Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o.


Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?”


Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le aƒea godo le didim be yewoaƒo nu kpli wò.”


Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ be, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite