Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:44 - Agbenya La

44 ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ.’ Ne etrɔ va la, ekpɔna be aƒea me ɖi gbɔlo, wokplɔ eme nyuie, eye nu sia nu le ɖoɖo nu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Tete wògblɔ bena: Magbugbɔ ayi ɖe nye aƒe, si me metso va la me; eye esi wòva la, ekpɔe wòle ƒuƒlu, wokplɔ eme, eye woɖo atsyɔ nɛ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:44
23 Referans Kwoze  

Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.


Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.


Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ċa le mia dome.


siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta.


Esi Yuda ɖu abolo la vɔ ko la, Satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.”


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.


Eƒe asi wu ƒe ɖeka ƒe fetu. Megblɔ esia ɖe esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo ta o, ke boŋ fiafitɔ wònye; eyae kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi, eye wònɔa ga la fim.


“Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.


Woƒe dziwo bina abe kpodzo ene, eye woyia egbɔ le ayedzedze me. Woƒe didiwo ɖea fu na wo le zã blibo la me eye le ŋdi la, wonɔna abe dzo ƒe aɖewo ene.


“Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la,


Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.”


Ne wòkpɔ be wokplɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛe, eye nu sia nu le ɖoɖo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite