Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:35 - Agbenya La

35 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:35
17 Referans Kwoze  

Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nuƒoƒo me, elabena to esia me ko miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na ame sia ame.


Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ, ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa.


Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.


Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.


Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me.


Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo.


Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o?


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo.


Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.”


Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ.


Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana.


Ɖe womafia nu wò, agblɔe na wò oa? Ɖe womagblɔ nya na wò tso woƒe gɔmesese me oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite