Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:30 - Agbenya La

30 Misee be ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la, eyae kanɛ hlẽna.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:30
16 Referans Kwoze  

Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi.


“Ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.”


“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.


Esime Yosua nɔ teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ kɔ dzi ko la, ame aɖe si lé yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?”


Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu.


eye menye ɖe Israel dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe vi siwo kaka ɖe xexea me katã la ta, be woaƒo wo katã nu ƒu woazu ame ɖeka.


Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”


Ame ɖeka naa nu faa gake egakpɔa geɖe ɖe edzi, ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu gake ahe ko wòdana.


“Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.


Ame ka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam? Ame ka atsi tsitre ɖe nu tovo wɔlawo ŋu ɖe nunye?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite