Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:29 - Agbenya La

29 “Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Alo aleke ame lawɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi, ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi oa? Ekema ko hafi wòaha eƒe aƒemenuwo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:29
11 Referans Kwoze  

Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha la le wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia?


Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.


Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.


Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.


eya ta mana gomekpɔkpɔe le ame ŋkutawo dome. Ama afunyinuwo kple kalẽtɔwo, elabena etsɔ eƒe agbe de ku me ke, eye wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome ene; evɔ eyae tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃, eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu.


Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.


Misee be ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la, eyae kanɛ hlẽna.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite