Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:22 - Agbenya La

22 Azɔ wokplɔ ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe, eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:22
12 Referans Kwoze  

be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’


Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,”


Gbe ma gbe la, tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene, eye tso blukɔ kple viviti me, ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu.


Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.


O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu.


Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋu dɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite