Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:17 - Agbenya La

17 Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti la nu be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 ne woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nu bena:

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:17
15 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme, eye megale yeyewo gblɔm. Hafi woava dzɔ la, meɖe gbeƒã tso wo ŋuti na mi xoxo.”


Esia ɖo kpe Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya dzi be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nya dzi se? Eye ame kae woɖe Mawu ƒe ŋusẽ gã la fia?”


Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,


elabena woawu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la nu be, “Maƒo nu to lododowo me, eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke la gɔme.”


Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’


Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!”


Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o,


Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”


Ŋkeke siawoe nye hlɔ̃biaŋkekewo be nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme pɛpɛpɛ.


Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”


Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye la o.


“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si metia, ame si melɔ̃ eye mekpɔa ŋudzedze le, matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite