Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:15 - Agbenya La

15 Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:15
15 Referans Kwoze  

“Nenye be woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me! Vavã mele egblɔm na mi bena, nye Amegbetɔ Vi, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu.


Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ.


Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui.


Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu.


Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna.


Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.


Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.


Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo katã.


Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?


Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite